Psalmowo 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Konyifafa le mawumavɔ̃lawo ŋuti. Mawu ƒe dɔmenyo wɔwɔ nɔ mawuvɔ̃lawo. 1 Yehowa ƒe dɔla Dawid tɔ na henɔ la. 2 Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒe gbe le nye dzi me be: Mawu ƒe vɔ vɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na o. 3 Elabena evivi nume nɛ le eŋku me, ne wòakpɔ mɔnu le eƒe dzidada ŋu, eye wòalé fui. 4 Eƒe nu me nya enye vovlo kple alakpa: edzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ. 5 Enɔa nu vlo ŋu bum le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui ɖoa mɔ, si menyo o la dzi, eye metsria nu vɔ̃ɖi o. 6 Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu. 7 Wò dzɔdzɔenyenye le abe Mawu ƒe towo ene, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ enye tɔ goglo; èxɔna na amegbelɔwo kple lãwo, wò Yehowa. 8 Mawu, wò amenuveve xɔ asi loo! Amegbetɔviwo be ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te. 9 Woɖi ƒo kple aƒewò me nu gbogboawo, eye nèkpe wò vivisese ƒe tɔsisi na wo wono ɖi kɔ. 10 Elabena gbɔwò agbedzɔƒe le, eye wò kekeli me míele kekeli kpɔm le. 11 Gblẽ wò amenuveve ɖe amesiwo nya wò la dzi kple wò dzɔdzɔenyenye ɖe amesiwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la dzi! 12 Dadalawo megate afɔ ɖe dzinye o, eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi meganyãm de gbe o! 13 Kpɔ ɖa, nu vɔ̃ɖi wɔlawo dze anyi ɖe afima, wotutu wo ƒu anyi, eye womagate ŋu afɔ o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana