Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedodoɖa le ɖeɖe tso futɔ vɔ̃ɖiawo si me ŋuti.

1 Dawid tɔ. Yehowa, wɔ avu kple amesiwo le avu wɔm kplim, wɔ aʋa kple amesiwo le aʋa wɔm kplim!

2 Tsɔ wò akpoxɔnu ɖagbitɔ kple lolotɔ, eye tso, naxɔ nam!

3 Di wò akplɔ̃, naxe mɔ na yonyemetilawo; gblɔ na nye luʋɔ be: Xɔname menye na wò!

4 Ŋukpe kple vlododo ava amesiwo le nye luʋɔ dim la dzi, eye amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e bum ɖe tame la, agbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo atsi dã.

5 Woana abe tsro le ya nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla atutu wo ɖa.

6 Woƒe mɔ dzi nedo viviti, edzi neɖiɖi, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome!

7 Elabena yakatsyɔ woɖo dɔ de ŋunye, eye yakatsyɔ woɖe ʋe na nya luʋɔ.

8 Gbegblẽ nedo ɖe edzi kpoyi; eƒe ɖɔ, si wòɖo la, neɖe eye ŋutɔ, eye nege dze gbegblẽ la me!

9 Ke nye luʋɔ atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu.

10 Nye ƒuwo katã agblɔ bena: Yehowa, amekae ɖe nuwò? Wò amesi ɖe hiãtɔ tso amesi tri akɔ wui la si me, kpakple hiãtɔ kple ame dahe tso amesi ɖa adzoe la si me.

11 Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.

12 Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wodo tsyɔ̃evim.

13 Ke ne wole dɔ lém la, nyea metaa akpanya, metsɔa nutsitsidɔ wɔa funyafunya nye luʋɔ, eye nye gbedodoɖa ɖoa ta nye akɔme,

14 abe xɔ̃nye kple nɔvinyeŋutsu wonye ene; meƒo ɖi ɖo dɔgɔ̃e le yiyim, abe amesi le fu nyim na dada ene.

15 Ke esi memu dze enyi la, wokpɔ dzidzɔ, eye woƒo takpli, ame ɖigbɔ, siwo nyemenya o la, kpe ta ɖe ŋunye, eye wole alɔme ɖem numaɖemee.

16 Apayɔlawo le alɔme ɖem, eye wole aɖukli ɖum ɖe ŋunye.

17 Aƒetɔ, ɣekaɣi nanɔ ekpɔm kple ŋku ava se ɖo? Ɖe nye luʋɔ tso woƒe gbegblẽ me, kple nye tenu la tso dzatavi si me!

18 Ekema manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le eme geɖewo dome.

19 Megana nye ketɔ aʋatsotɔwo nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o, eye amesiwo lé fum yakatsyɔ la, nate ŋku ɖem o!

20 Elabena womegblɔa ŋutifafanya o, eye woɖo alakpadanya ɖe anyigba dzi ame fafawo ŋu.

21 Woke woƒe nu baa ɖe ŋunye le gbɔgblɔm be: Ehɛ̃, ehɛ̃, míaƒe ŋkuwo kpɔe!

22 Yehowa, èkpɔe, megazi kpi o; Aƒetɔ, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o!

23 Mawunye kple Aƒetɔnye, nyɔ, eye nana ŋute ɖe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nye nya ŋu!

24 Yehowa, nye Mawu, ɖrɔ̃ ʋɔnum ɖe wò dzɔdzɔenyenye la nu, ne womagakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o!

25 Megana woegblɔ le woƒe dzi me be: Ehɛ̃, alea dim míele o! Megana woagblɔ be: Míemii o!

26 Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!

27 Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo!

28 Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòakafu wò gbesiagbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan