Psalmowo 34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid de dzi ƒo na eɖokui le Mawu kafukafu kple Mawu vɔvɔ̃ ŋuti. 1 Dawid tɔ, esime wòdo aɖaoatɔ eɖokui le Abimelex ŋku me, eye wònyãe wòdzo. 2 Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu ano nunya me ɖaa. 3 Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo aɖegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ. 4 Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi! 5 Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòdem tso nye ŋɔdziwo katã me. 6 Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o. 7 Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me. 8 Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe. 9 Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso. 10 Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o. 11 Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o. 12 Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi! 13 Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie? 14 Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o! 15 Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome. 16 Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. 17 Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi. 18 Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me. 19 Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi. 20 Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me. 21 Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔa ɖeke o. 22 Dzɔgbevɔ̃e wua eme vɔ̃ɖi le eye amesiwo lé fu ame dzɔdzɔe la la, woakpɔ woƒe dzidada tɔ nua. 23 Yehowa neɖe eƒe dɔlawo ƒe luʋɔ, eye amesiwo katã sii tso la, womakpɔ woƒe dzidada tɔ nua o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana