Psalmowo 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe dɔmenyo kafukafu. 1 Migli kple dzidzɔ, mi ame dzɔdzɔewo, de Yehowa ŋu; kafukafuha dze nuteƒewɔlawo! 2 Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ! 3 Midzi ne yeye na; mitɔ asi kaawo nu kple ŋusẽ! 4 Elabena Yehowa ƒe nya toa mɔ ɖeka, eye eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe. 5 Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃; Yehowa ƒe amenuveve yɔ anyigba dzi taŋ. 6 Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe. 7 Eƒoa atsiaƒutsiwo nu ƒu abe ɖe goe me ene, eye wòdzraa tɔɖɔɖɔ ɖo ɖe nudzraɖoƒe. 8 Anyigba blibo le nevɔ̃ Yehowa; xexemetɔwo katã nesi eƒe ŋku me! 9 Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di. 10 Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me. 11 Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime. 12 Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui. 13 Yehowa kpɔa nu tso dziƒo ke, ekpɔa amegbetɔviwo katã. 14 Ele enɔƒe ɖe ŋku ɖe anyigba dzi tɔwo katã, 15 eya, amesi wɔ woƒe dziwo katã tim, eye wòlé ŋku ɖe woƒe dɔwɔwɔwo katã ŋu. 16 Fia ƒe dziɖuɖu mele aʋakɔ kpaŋkpaŋ me o, eye ŋusẽ geɖe meɖea kalẽtɔ o. 17 Ne eɖó dziɖuɖu teƒe la, sɔ mele ɖeke me o, eye eƒe ŋusẽ la hã meɖea ame o. 18 Ke boŋ Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm, 19 be wòaɖe woƒe luʋɔ tso ku me, eye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli. 20 Míaƒe luʋɔ le mɔ kpɔm na Yehowa, míaƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye. 21 Elabena míaƒe dzi le dzidzɔ kpɔm le eŋu, eye míele ŋu ɖom ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. 22 Yehowa, wò amenuveve nenɔ mía dzi, abe alesi míele mɔ kpɔm na wòe ene! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana