Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuvɔ̃wo tsɔtsɔke.

1 Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.

2 Woayra amesi Yehowa mehe vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpaa ɖeke meli o.

3 Elabena esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyonyo.

4 Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no. Sela.

5 Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.

6 Eyata mawumemewo ado gbe ɖa na wò le kpɔwòɣi, ẽ, ne tɔ gawo ɖɔ hã la, womade wo gbɔ o.

7 Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.

8 Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.

9 Miganɔ abe sɔ kple tedzisɔ, siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o; woƒe atsyɔ̃ɖonu enye ka kple numega, si wotsɔna mlã woe, hafi woate ɖe ŋuwò.

10 Ame vɔ̃ɖi kpɔa vevesese geɖe; ke amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, atsɔ amenuveve aƒo xlãe.

11 Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan