Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mɔkpɔkpɔ mena ŋu kpea ame o.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

2 Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye la ɖem!

3 Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam!

4 Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye alé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta,

5 Àɖem le ɖɔ, si woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe!

6 Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.

7 Melé fu amesiwo ku ɖe nu maɖinuwo ŋu la; ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

8 Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta;

9 mètsɔm ɖe asi na futɔ la o, eye nèɖo nye afɔ teƒe keke.

10 Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi.

11 Elabena nye agbe nu yi le konyifafa me kple nye ƒewo le hũɖeɖe me; nye vodada na nye ŋusẽ nu tsi, eye nye ƒuwo nyunyɔ.

12 Mezu alɔmeɖenu na nye ketɔwo katã kple nye aƒelikawo vevie ŋutɔ; mezu bibi na nye ame nyanyɛwo, eye amesiwo kpɔam le kpɔdomee la, sina le nunye.

13 Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã.

14 Elabena mese ame geɖewo ƒe dalidodo be: „Ŋɔdzi nede to ɖee!“ Wode adaŋu kple wo nɔewo de ŋunye be, yewoaɖe nye agbe ɖa.

15 Ke nye la, ŋuwò meɖo ŋu ɖo, Yehowa; megblɔ be, nye Mawu nènye.

16 Asiwò me nye agbe me nyawo le, ɖem tso nye futɔwo kple yonyemetilawo si me!

17 Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye natsɔ wò amenuveve axɔ nam!

18 Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!

19 Woade ga nu na aʋatsoka-nuyiwo, amesiwo gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu le ɖaɖa kple vloɖoɖo me.

20 Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wo la, esi nèɖe fia amesiwo si wò tso le amegbetɔviwo ŋku me la, sɔ gbɔ loo!

21 Eɣla wo ɖe wò ŋku me ƒe ɣaɣlɛƒe tso amewo ƒe aglãdzedzewo nu, eye nèɣla wo ɖe agbadɔ me tso aɖeʋawɔwɔ nu.

22 Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe amenuveve fiam nukutɔe le ɖu sesẽ me.

23 Esi dzi ɖe le ƒonye la, nyea megblɔ be: Woɖem ɖa le wò ŋku ta: ke èse nye kokoƒogbe, esi medo ɣli na wò.

24 Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo katã; Yehowa kpɔa anukwaretɔwo ta, ke eɖoa teƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ.

25 Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi amesiwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan