Psalmowo 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid ɖa akpe na Mawu bena, eɖe yeƒe agbe. 1 Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha. 2 Mado wò ɖe dzi, Yehowa, elabena wòe hem ɖo goe, eye mèna be, nye futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o. 3 Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye. 4 Yehowa, wòe he nye luʋɔ tso tsiẽƒe, eye nègbɔ agbem tso amesiwo yi aʋli me la dome. 5 Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! 6 Elabena eƒe dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe. 7 Nyea megblɔ le nye dziɖeɖi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ gbeɖe o! 8 Yehowa, ètsɔ wò amenuveve li ke nye to zã. Esi nẽɣla wò ŋku me la, dzidzi ƒom. 9 Yehowa, wò yɔm mele; Yehowa, wòe mele koko ƒom na be: 10 Viɖe ka le nye ʋu ŋu, ne meyi aʋli me? Ɖe ʋuʋudedi akafu wò, eye wòaɖe gbe ƒã wò nuteƒewɔwɔa? 11 Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ! 12 Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam, 13 ne nye bubu nadzi kafukafuha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana