Psalmowo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dziɖoɖo de Mawu ŋu le futɔwo katã ŋuti. 1 Dawid ƒe ha, esime wòsi le via Absalom nu. 2 Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye. 3 Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela. 4 Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi. 5 Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela. 6 Memlɔ anyi, eye meɖɔ alɔ; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi. 7 Ame akpe nane, siwo ho ɖe to ɖem goɖoo la, mele ŋɔ dzim nam o. 8 Tso, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam! Elabena wòe ƒo tome na nye futɔwo katã, eye nʋŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo. 9 Yehowa si me xɔname le. Wò yayra neva wò dukɔ dzi! Sela. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana