Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dziɖegbe adreawo.

1 Dawid ƒe ha. Mi mawuviwo, mitsɔbubu kple ŋusẽ na Yehowa, Yehowa ye míatsɔe na!

2 Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu bubu nɛ; mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me

3 Yehowa ƒe gbe di ɖe tsiwo dzi; bubu ƒe Mawu la ɖe gbe, Yehowa ɖe gbe ɖe tsi gãwo dzi.

4 Yehowa ƒe gbe ɖi kple ŋusẽ, Yehowa ƒe gbe ɖi le ŋutikɔkɔe me.

5 Yehowa ƒe gbe ŋe seɖertiwo, ẽ, Yehowa ŋe Libanon ƒe sedertiwo.

6 Ena woti kpo abe nyivi ene, Libanon kple Sirion abe tòvi ene.

7 Yehowa ƒe gbe ke dzo mia.

8 Yehowa ƒe gbe na gbedzi ʋuʋu, Yehowa na Kades-gbedzi ʋuʋu.

9 Yehowa ƒe gbe na fu ɖu zinɔwo, eye wòkɔ avemetiwo ta; eye nusianu le gbɔgblɔm le eƒe gbeɖoxɔ me be: Bubu!

10 Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.

11 Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan