Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kukuɖeɖe le ɖeɖe tso Mawu mavɔ̃lawo si me ŋuti.

1 Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o!

2 Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!

3 Megakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖi kple nu vlo wɔlawo ŋu o, amesiwo ƒoa nu kple wo xɔlɔ̃viwo fafɛ, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me la o!

4 Wɔ na wo le woƒe nuwɔnawo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu; wɔ na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu, eye nam woƒe fe na wo!

5 Elabena womelé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo kple eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o. Agbã wo, eye womagatu wo o.

6 Woakafu Yehowa, elabena esa nye kokoƒogbe!

7 Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.

8 Yehowa enye ŋusẽ na eƒe dukɔ; eya nye mɔ̃ kple xɔname na eƒe amesiamina.

9 Xɔ na wò dukɔ, eye nayra wò domenyinu la, nyi wo, eye na tsa wo kpa ɖaseɖe mavɔ me!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan