Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le aʋaŋɔliwo me hã Dawid ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

1 Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?

2 Ne ame vlowo, nye ketɔwo kple nye futɔwo lũ ɖe dzinye, be yewoaɖu nye lã la, woakli nu adze anyi.

3 Ne aʋakɔ ƒu asaɖa ɖe ŋunye ha la, dzika matso ƒonye o. Ne aʋa ho ɖe ŋunye ale keke hã, nyea maɖe dzi ɖi.

4 Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.

5 Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.

6 Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.

7 Yehowa, mele yɔwòm kple ɣli, see, ve nunye, eye natɔ nam!

8 Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.

9 Megaɣla wò ŋku me ɖem o! Megatutu wò dɔla ɖa le dɔmedzoe me o! Wòe nye nye xɔname, megatsɔm ƒu gbe o, eye megagblẽm ɖi o, nye xɔname ƒe Mawu!

10 Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.

11 Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to toƒe sɔsɔe le nye futɔwo ta!

12 Megatsɔm de asi na nye ketɔwo ƒe nyanyrã o, elabena aʋatsoɖasefowo kple amesiwo le ŋutasesẽ gbɔm fuxefuxe la, tso ɖe ŋunye.

13 Ne nyemehexɔe se be, mãkpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o fi!

14 Kpɔ mɔ na Yehowa, se ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! E, kpo mɔ na Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan