Psalmowo 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukuɖeɖe ɖe fɔmaɖimaɖi ta. 1 Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o! 2 Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi! 3 Elabena wò amenuveve le ŋkunye me, eye mezɔ le wò nyateƒe me. 4 Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o. 5 Melé fu ame vlowo ƒe takpekpe, eye mía kple ame vɔ̃ɖiwo míebɔbɔ nɔa ɖu o. 6 Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa, 7 ahana kafukafuha naɖi, eye maxlẽ wò nukunuwo katã afia. 8 Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le. 9 Megade nye luʋɔ ɖa kpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu o, kple nye agbe ɖa kpeɖe hlɔ̃mewo ŋu o; 10 amesiwo ŋukpenanuwo le asi ŋu na, eye zãnunana yɔ ɖusi na. 11 Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe; ɖem, eye nave nunye! 12 Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana