Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kukuɖeɖe ɖe Mawu ƒe ame takpɔkpɔ, kpɔkplɔ kple nuvɔ̃ tsɔtsɔke ta.

1 Dawid tɔ. Yehowa, wòe mewu nye luʋɔ ɖe dzi na.

2 Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!

3 Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ.

4 Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom!

5 Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.

6 Yehowa, ɖo ŋu wò nublanuikpɔkpɔ kple wò amenuveve, elabena woli tso tititi ke!

7 Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!

8 Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena afiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo.

9 Enaa hiãtɔwo zɔa dzɔdzɔenyenye me, eye wòfiaa eƒe mɔ hiãtɔwo.

10 Yehowa ƒe toƒewo katã nye amenuveve kple nyateƒe na amesiame léa eƒe nubabla kple seawo me de asi.

11 Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsa nye vodada kam, elabena esa gbɔ!

12 Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.

13 Eƒe luʋɔ anɔ dzɔgbenyuie me, eye anyigba la anɔ viawo si me.

14 Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.

15 Nye ŋkuwo li de Yehowa dzi daa, elabena eya aɖe nye afɔ le ɖɔ me.

16 Trɔ kɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, elabena metsi akogo, eye mele hiã ɖim.

17 Nye dzimexãxàwo do gã de dzi, dem tso nye hiãwo me!

18 Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!

19 Kpɔ nye futɔwo ɖa, elabena wode ha, eye wolé fum ŋutasẽtɔe.

20 Dzra nye luʋɔ ɖo, eye naɖem, ŋu makpem o, elabena wòe mesi tso.

21 Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.

22 Mawu, ɖe Israel tso eƒe xaxawo katã me!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan