Psalmowo 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yehowa ge ɖe kɔkɔeƒe la me. 1 Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo. 2 Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã. 3 Ameka alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la? 4 Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta, 5 eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ kple dzɔdzɔenyenye tso eƒe xɔname ƒe Mawu la gbɔ. 6 Esia nye amesiwo biaa eta sena la ƒe ƒome, amesiwo dia wò, Yakob ƒe Mawu la, ƒe ŋku me. Sela. 7 Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mitɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! 8 Amekae henye bubufia la ma? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa aʋakalẽtɔ lae! 9 Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mifɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! 10 Ameka goe henye bubufia la? Yehowa Zebaot ye, eyae nye bubufia la! Sela. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana