Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ame dzɔdzɔe fukpela la.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Agudzedzezinɔ“ ƒe gbe ŋu.

2 Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi? Nye hũɖeɖe ƒe nyawo metsɔ ɖe nye xɔname gbɔ o.

3 Nye Mawu, meyɔ wò le ŋkeke me, ke mètɔ nam o, eye le zã me, ke nyemekpɔ gbɔdzɔe o.

4 Ke wò la, ele kɔkɔe, eye nèbɔbɔ nɔ Israel ƒe kafukafuwo dome gli.

5 Ŋuwò mía fofowo ɖo ŋu ɖo, ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye nèxɔ na wo.

6 Wòe wodo ɣli na, eye woɖe wo; ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye ŋu mekpe wo o.

7 Ke nye la ŋɔ menye, menye amegbetɔ o; amewo ƒe alɔmeɖenu menye, eye dukɔ la ɖo vlom.

8 Amesiwo katã kpɔm la, ɖu fewu le ŋunye, woke woƒe nuyiwo, eye woʋuʋu ta gblɔ be:

9 Nefae na Yehowa, axɔ nɛ, eye wòaɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.

10 Elabena wòe hem tso dɔ me, eye nèna menɔ ɖanye ƒe no nu bɔkɔɔ.

11 Wotsɔm gblẽ ɖe dziwò tso dɔ me ke, eye nye Mawu nenye tso danye ƒe dɔ me.

12 Meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tu aƒe; elabena xɔnametɔa ɖeke mele afi o.

13 Nyitsu geɖewo de to ɖem, Basan ƒe nyitsuwo ƒo xlãm.

14 Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.

15 Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.

16 Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me.

17 Elabena avũwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye woku nye asiwo kple afɔwo.

18 Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo katã. Ke woawo kpɔe, eye wofɔ ŋku ɖe dzinye.

19 Womã nye avɔwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.

20 Ke wò, Yehowa, meganɔ adzɔge o; nye ŋusẽ, afɔ netsɔ naxɔ nam!

21 De nye luʋɔ tso yi nu, nye tenu ɖeka la tso avũwo si me.

22 Xɔm tso dzata ƒe nu me, eye naɖem tso tò ƒe dzowo nu.

23 Matsɔ wò ŋkɔ ade gbe ƒae na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome be:

24 Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa la, mikafui! Mi Yakob-ƒomeawo katã, mibui! Mi Israel-ƒomeawo katã, misi eƒe ŋku me!

25 Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.

26 Gbɔwòe nye kafukafuha tso le ameha gãwo dome. Maxe nye adzɔgbeɖefe le amesiwo vɔ̃nɛ la ŋku me.

27 Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!

28 Anyigba ƒe mlɔenuwo katã aɖo ŋku edzi atró ɖe Yehowa ŋu, eye dukɔwo ƒe ƒomeawo katã ade ta agu ɖe ŋkuwò me.

29 Elabena Yehowa tɔ enye fiaɖuƒe la, eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi.

30 Amesiwo katã da ami le anyigba dzi la, ade ta agu ɖe eŋku me, eye amesiwo katã aɖo agu ɖe ke me la, adze klo nɛ. Ke nye luʋɔ ya le agbe nɛ.

31 Dzidzimeviwo asubɔe, eye megbeviwo axlẽ nya afia le Yehowa ŋu.

32 Woava atsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye aɖe gbe ƒãe na dukɔ, si dzi ge woala la, be nyae wɔe de goe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan