Psalmowo 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Akpedaha dzidzi le Mawu ƒe kpekpeɖe fia ŋu ŋuti. 1 Dawid ƒe ha na henɔ la. 2 Yehowa, fia la kpɔ dzidzɔ le wò ŋusẽ ŋu, eye aleke gbegbe mehele aseye tsom ɖe wò xɔname ŋui o! 3 Ewɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ, eye mète nusi eƒe dzi di lae o. Sela. 4 Etsɔ yayra, siwo nye nu nyuiwo, va kpee, eye néɖɔ sikafiakuku ɖe la nɛ. 5 Ebia agbe tso asiwò, eye néna agbe didii ɖaa tegbee. 6 Wò xɔname na eƒe ŋkɔxɔxɔ ɖe dzi; bubu kple atsyɔ̃ nètsɔ ɖe eŋu. 7 Elabena éɖoe wonye yayra tegbee, eye nètsɔ dzidzɔkpɔkpɔ na eƒe dzeme kɔ la ŋkuwò me. 8 Elabena fia la ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe amenuveve ana be, ke maɖe le ete o. 9 Wò asi axe wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo. 10 Ne èdo la, àwɔ wo abe kpodzo ene; Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye dzo afiã wo. 11 Àtsrɔ̃ wo viwo da le anyigba dzi kple woƒè dzidzimeviwo le amegbetɔviwo dome. 12 Elabena wobe, yewoahe gbegblẽ ava dziwò; woɖo tame vɔ̃, gake womete ŋu wɔe o. 13 Elabena ana woatrɔ ʋume; àtsɔ wò da adzidze woƒe ŋku mee. 14 Yehowa, tso kple wò kamesesẽ, ekema míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana