Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Mawuvi la ƒe fiaɖuƒe kple futɔwo dziɖuɖu ŋuti.

1 Nukaŋuti dukɔwo le nyanyrãm, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro?

2 Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.

3 Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu!

4 Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

5 Emegbe aƒo nu kpli wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me.

6 Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.

7 Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò.

8 Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!

9 Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene!

10 Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!

11 Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya!

12 Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan