Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe ŋutikɔkɔe te eƒe dɔwɔwɔ kple nya me.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

2 Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbe ƒã ɖem eƒe asinuɖɔwɔwɔ.

3 Ŋkeke dea gbe asi na ŋkeke, eye zã toa nya na zã.

4 Gbe kple nuƒoƒoa ɖeke meli, si ƒe ɖiɖi womesena o.

5 Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke; etsɔ wo wɔ agbadɔ na ɣe.

6 Ɣe doa go tsoa eƒe xɔ me abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene, ekpɔa dzidzɔ abe kalẽtɔ ene, be yealé eƒe mɔ.

7 Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.

8 Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzaa nunya.

9 Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.

10 Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.

11 Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa.

12 Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.

13 Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!

14 Dzra wò dɔla ɖo tso dadalawo si me, ne womagaɖu aƒetɔ ɖe nanye o! Ekema fɔɖiɖi mana ŋunye o, eye madza tso vodada gãwo me.

15 Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan