Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid dzi kafukafuha le eƒe dziɖuɖu kpɔkpɔ ɖe futɔwo dzi ŋuti.

1 Na henɔ la, tso Yehowa ƒe dɔla Dawid gbɔ, amesi gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul si me.

2 Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;

3 Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe!

4 Meyɔ Yehowa, amesi dze kafukafu, eye wòɖem tso nye futɔwo si me.

5 Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, eye gbegblẽ ƒe tɔʋuwo do dzikatsoƒoe nam.

6 Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem.

7 Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.

8 Tete anyigba ʋanya, eye wòʋuna, towo ƒe anyinɔwo ʋuʋu, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo binu tso eƒe nu me, eye dzoka tso egbɔ hehẽhe.

10 Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.

11 Enɔ Kerubiwo dzi hedze, eye wosa agba le ya ƒe aʋalawo dzi.

12 Eɣla eɖokui ɖe blukɔ me, eye tsiɖoɖo kple alilikpo dodo nye eƒe agbaɖɔ ƒo xlãe.

13 Alilikpowo, dzikpe kple dzokawo ɖo dzo keklẽ me le eŋku me.

14 Yehowa ɖe gbe le dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na wose eƒe gbe.

15 Eɖo ete aŋutrɔwo ɖa wokaka wo me, kple dzikedzo geɖe ɖa wotɔtɔ wo.

16 Tɔwo gɔme dze, nye xexeme ƒe agunu tsi go le wo bublu la nu, Yehowa, kple wò dɔmedzoe ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ fuxefuxe la nu.

17 Edo abɔ ɖa tso dzi lém, eye wòhem tso tsi gãwo me.

18 Eɖem tso nye futɔ kako la si me, kple nye ketɔwo si me, elabena wotri akɔ wum.

19 Wodze dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe, ke Yehowa nye nye ziɔɖeŋutɔ.

20 Ekplɔm yi dogba dzi, eye wòɖem ɖo goe, elabena nye nu nyo eŋu.

21 Yehowa wɔ nyuie nam ɖe nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòɖo eteƒe nam, le esi nye asime dza ŋuti.

22 Elabena mele ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu tovo ɖe nye Mawu ŋu o.

23 Wò sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe wò ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.

24 Fɔɖiɖia ɖeke mele ŋunye le eŋku me o, eye mekpɔ ɖokuinye dzi ɖe nuvɔ̃ ŋu.

25 Ale Yehowa ɖo eteƒe nam le nye dzɔdzɔenyenye kple nye asi dzadzɛ, siwo le eŋku me la ta.

26 Wò dɔme nyo ɖe dɔmenyotɔ la ŋu, eye fɔɖiɖi mele ŋuwò ɖe ame maɖifɔ la ŋu o.

27 Ŋuwò dza de ame dzadzɛ la ŋu, eye nèfia ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.

28 Elabena wòe nye xɔnametɔ na dukɔ ɖihiãwo, eye nèbɔbɔa ŋku kɔkɔwo ɖe anyi.

29 Ena nye akaɖi klẽ; Yehowa, nye Mawu, na nye viviti me kɔ.

30 Elabena wòe li kplim meƒua du ɖe aʋakɔwo dzi; nye Mawu li kplim metia kpo flɔa gli!

31 Fɔɖiɖi mele Mawu ƒe mɔ ŋu o, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso la.

32 Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu, eye agakpe kae kpe ɖe mía Mawu la ŋu?

33 Mawu tsa ŋusẽ bla ali dzi nam, eye wona be, fɔɖiɖia ɖeke mele nye mɔ ŋuti o.

34 Ewo nye afa abe zinɔwo tɔ ene, eye wòtsɔm ɖo nye kɔkɔƒe.

35 Efia aʋawɔwɔ nye asi kple ɖa me vuvu nye alɔ.

36 Etsɔ wò xɔname ƒe akpoxɔnu nam, meziɔ ɖe wò ɖusi ŋu, eye wò tufafa ɖo gãm.

37 Ena nye afɔɖeɖe me keke le tenye, eye nye afɔkɔewo mebotso o.

38 Meli nye futɔwo yome ɖatu wo, eye nyemetrɔ o, vaseɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.

39 Megbã wo nyanyanya, womagate ŋu afɔ o, eye wodze anyi ɖe nye afɔ te.

40 Etsɔ ŋusẽ bla ali dzi nam ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye nẽbɔbɔ nye adikãtɔwo ɖe tenye.

41 Ena nye futɔwo trɔ ʋume ɖem, eye metsrɔ̃ nye ketɔwo.

42 Woɖo ɣli, ke xɔnametɔa ɖeke meli o; wodo ɣli na Yehowa, ke metɔ na wo o.

43 Mem wo gudugudu abe ʋuʋudedi le ya nu ene, eye metsɔ wo ƒu gbe abe ablɔ me gbeɖuɖɔ ene.

44 Eɖem tso dukɔwo ƒe avuwɔwɔ me, ètsɔm ɖo anyigba dzi dukɔ wo ƒe laa, eye dukɔ, si nyemenya o la, subɔm.

45 Nya ko wose le ŋunye, gake woɖo tom; du bubu me viwo vivi nume nam.

46 Nu te du bubu me viwo ŋu, eye wodzo nyanyanya hedo le wote mawo me.

47 Yehowa le agbe, woakafu nye agakpe, eye woado nye xɔxɔ ƒe Mawu la ɖe dzi.

48 Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wo nya dukɔwo de tenye;

49 amesi ɖem le nye futɔwo si me, eye wòkɔm ɖo nye ketɔwo nu hã; eɖem le ŋutasẽla si me.

50 Eyata Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.

51 Wò amesi na xɔname ga wò fia la, eye nève Dawid, wò amesiamina la kple eƒe dzidzime nu tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan