Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedodoɖa le futɔwo ƒe yometiti ŋuti.

1 Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti!

2 Ŋkuwò me nye afiatsotso tsona; wòŋkuwo kpɔa nu tututu.

3 Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.

4 Le emegbelɔwo ƒe nuwɔwɔwo me le metsɔ wò numenyawo kpɔ ɖokuinye dzi ɖe ŋutasẽlawo ƒe mɔwo ŋu.

5 Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò mɔwo dzi zã, eye ke meɖe le nye afɔwo te o.

6 Mawu, mele yɔwòm, elabena àtɔ nam; lé to ɖe ŋunye, eye nase nye nuƒoƒo!

7 Ɖe wò amenuveve fia nukutɔe, wò amesi nye xɔnametɔ na amesiwo sina le aglãdzelewo nu bena ɖe wò nuɖusi me la.

8 Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te

9 tso ame vɔ̃ɖi, siwo dze dzinye, kple nye futɔ, siwo nyrã de to ɖem la, si me.

10 Ami nye tsyɔ woƒe dzi, eye wotsɔa woƒe nu gblɔa dadanyawo.

11 Woɖe to ɖe mí le míaƒe afɔɖeɖewo katã me, eye woƒe ŋku le mía ŋu, be woaxlã mi ɖe anyi.

12 Woɖi dzata, si di be, yeavuvu nu, kple dzatavi, si be ɖi la.

13 Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi,

14 tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.

15 Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan