Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu enye domenyinu nyuitɔ.

1 Dawid ƒe ha ɖe futamee la. Mawu dzram ɖo, elabena wòe mesi tso!

2 Megblɔ na Yehowa be: Aƒetɔnyee nènye, nu nyuia ɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.

3 Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.

4 Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.

5 Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi.

6 Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam; domenyinu la dze ŋunye.

7 Makafu Yehowa, amesi doa aɖaŋu nam; le zã me hã nye ayikuwo xlɔ̃ã num,

8 Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.

9 Eyata nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye bubu le aseye tsom, nye ŋutilã hã anɔ anyi dedie.

10 Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.

11 Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan