Psalmowo 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ameka anɔ Yehowa ƒe ŋku me? 1 Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma? 2 Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me; 3 amesi metsɔa eƒe ade zɔa eme gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medea ŋukpe mo na xɔlɔ̃via o; 4 amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o; 5 amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana