Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 149 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Zion nakafu Aƒetɔ!

1 Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!

2 Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu!

3 Woatsɔ ɣeɖuɖu akafu eƒe ŋkɔ, eye woafsɔ asiʋui kple kasaŋku aƒo ha nɛ!

4 Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu, etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na hiãtɔwo.

5 Mawumemewo nekpɔ dzidzɔ le bubu me, eye woagli le wo ɖɔƒewo.

6 Mawu ƒe dodoɖedzi le woƒe nu me, eye yi nuvee le wo si,

7 ne woabia hlɔ̃ le dukɔwo dome, eye woahe to le anyigba dzi tɔwo dome,

8 ne woade kɔsɔkɔsɔ woƒe fiawo kple kunyowu woƒe ame ŋkutawo;

9 ne woawɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, si woŋlɔ di la, dzi ɖe wo ŋu. Atsyɔ̃ nye esia na eƒe mawumemewo katã. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan