Psalmowo 148 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Xexeme katã nakafu Aƒetɔ! 1 Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa tso dziƒo; midoe ɖe dzi le kɔkɔƒewo! 2 Mikafui, mi eƒe dɔlawo katã, mi eƒe aʋakɔwo katã, mikafui! 3 Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã! 4 Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo! 5 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wodzɔ, 6 etsɔ wo ɖo anyi ɖaa tegbee; ena ɖoɖowo, eye emagatrɔ wo o. 7 Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi bosowo kple tɔ goglowo katã, 8 mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi; 9 mi towo kple togbɛwo katã afi tsekuwo kple sedertiwo katã; 10 mi gbemelãwo kple aƒemelãwo kalã kpakple xevi dzogoewo; 11 mi anyigba dzi fiawo kple dukɔwo katã, amegãwo kple anyigba dzi ʋɔnuɖrɔ̃lawo katã, 12 ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! 13 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo. 14 Ewu eƒe dukɔ ƒe dzo ɖe dzi, eyata kafukafu neɖi le eƒe mawumemewo katã, Israel-viwo, dukɔ, si tsɔ ɖe egbɔ la nu! Mikafu Yehowa! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana