Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 147 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe kafukafu le nya kple dzɔdzɔme me.

1 Mikafu Yehowa, elabena kafukafuhadzidzi na mía Mawu la enye, eye wòvivina; kafukafu edzee.

2 Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;

3 eya, amesi ɖaa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.

4 Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.

5 Mía Aƒetɔ la lolo, eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o.

6 Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke.

7 Mixe akpedaha hena Yehowa, mitsɔ kasaŋkuwo ƒo ha na mía Mawu la;

8 eya, amesi tsa alilikpowo xea dziŋgɔli ŋku me, ewɔa tsidzadza hena anyigba, eye wònana gbe miena ɖe towo dzi.

9 Eya, amesi na nuɖuɖu lãwo kple akpaviãvi, siwo le xɔxlɔ̃m.

10 Mekpɔa dzidzɔ le sɔ ƒe ŋusẽ ŋu o, eye ŋutsu ƒe ate medzea eŋu o.

11 Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.

12 Yerusalem, kafu Yehowa; Zion, ɖo wò Mawu ɖe dzi.

13 Elabena ewɔ wò agbo ƒe gametiwo sesĩe, eye wòyra viwòwo le mewò;

14 eya, amesi na wò liƒowo ŋu fa, eye wòtsɔ lu ʋaʋã ɖi ƒoe na wò.

15 Eya, amesi ɖo eƒe nya ɖe anyigba dzi, eye eƒe sedede ɖi ɖu;

16 eya, amesi naa sno abe ɖetifu ene, eye wòwua míãtsi babla abe dzowo ene;

17 eya, amesi tsɔa eƒe tsi babla dana kɔkɔkɔe; ameka anɔ te ɖe eƒe vuvɔ nu?

18 Eɖo eƒe nya ɖa, eye wòna wolólo, ena eƒe ya ƒo, eye tsia sina lalala.

19 Eɖe eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel.

20 Emewɔ alea na dukɔa ɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o. Mikafu Yehowa!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan