Psalmowo 146 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe anukware mavɔ la. 1 Mikafu Yehowa! Nye luʋɔ, kafu Yehowa! 2 Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli. 3 Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o! 4 Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina. 5 Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi; 6 eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eya, amesi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tegbee; 7 eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo. 8 Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo. 9 Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ. 10 Yehowa enye fia tegbee, Zion, wò Mawu le dzidzimewo katã me! Mikafu Yehowa! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana