Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 145 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe gãnyenye kple dɔmenyo kafukafu.

1 Dawid ƒe kafukafuha. Nye Mawu, medo wò de dzi, wò fia, eye makafu wo ŋkɔ daa tegbee.

2 Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee.

3 Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.

4 Woakafu wò dɔwawɔwo tso dzidzime yi dzidzime, eye woaɖe gbe ƒã wò nutsuwɔwɔwo.

5 Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò nukunuwɔwɔwo ŋu.

6 Wò nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe ŋusẽ ŋu woaƒo nu le; maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu.

7 Woaɖe wò nyuiwɔwɔ gãwo ƒe ŋkuɖoɖodzi afia, eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.

8 Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.

9 Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.

10 Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò.

11 Woagblɔ nya le wò fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu,

12 ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la afia amegbetɔviwo.

13 Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.

14 Yehowa tso amesiwo katã dze anyi la xɔ, eye wòfɔ amesiwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu.

15 Ŋkuwo katã le asiwo nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi;

16 èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.

17 Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.

18 Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.

19 Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.

20 Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.

21 Nye nu negblɔ Yehowa ƒe kafukafu, eye ŋutilãwo katã nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan