Psalmowo 144 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukuɖeɖe na Mawu be, wòakpɔ eƒe dukɔ lɔ ta, eye woyrae. 1 Dawid tɔ. Woakafu Yehowa, nye agakpe, amesi fia avuwɔwɔ nye asiwo kple aʋawɔwɔ nye asibidewo; 2 nye amenuveve kple nye mɔ̃ sesẽ, nye sitsoƒe kple ɖelanye kpakple nye akpoxɔnu, si gbɔ mebe ɖo, amesi tsɔ nye dukɔ la ɖe tenye. 3 Yehowa, nuka nye amegbetɔ be, nèdze sii, kple amegbetɔvi be, nèlé ŋku ɖe eŋu? 4 Amegbetɔ le abe ƒuƒu ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli, si va yina ene. 5 Yehowa, viã wò dziƒo, eye naɖi ɖe anyi; ka asi towo ŋu, ne woatu adzudzɔ. 6 Da wò dzikedzo, eye naka wo ahlẽ, ɖo wò aŋutrɔ ɖa, eye natɔtɔ wo. 7 Do wò asi ɖa tso dzi, eye nahem ado goe, ɖem tso tɔ gãwo me kple amedzroviwo si me, 8 amesiwo ƒe nu daa alakpa, eye woƒe nuɖusi nye aʋatsoka nuɖusi! 9 Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi; 10 wò, amesi na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wò dɔla Dawid tso yi gblẽnu la nu. 11 Hem do goe, eye naɖem tso amedzroviwo si me, amesiwo ƒe nu daa alakpa, eye woƒe nuɖusi nye aʋatsoka nuɖusi; 12 ne mía viŋutsuwo natsi le woƒe ɖevime abe numiemiewo ene, eye mía vinyɔnuwo nanɔ abe dzogbesɔti, siwo ŋu woŋlɔ le fiasãwo me ene; 13 ne míaƒe nudzraɖoƒewo nayɔ kpaŋ ahaɖe nuwo tsyo ƒomevi anɔ nanam; míaƒe alẽwo nadzi akpe, eye woadzi ɖe dzi akpe nane le míaƒe lãnyiƒewo; 14 ne míaƒe nyiwo natsɔ agba, ne gli gbagbã kple aboyoɖeɖe meganɔ anyi o, ne nuxaxa magaɖi le míaƒe ablɔwo me o. 15 Woayra dukɔ, si wòanɔ na alea! Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana