Psalmowo 143 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le ɖeɖe ŋuti. 1 Dawid ƒe ha. Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu, eye naɖo tom le wò nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye nu! 2 Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o. 3 Elabena futɔ la ti yonyeme, exlã nye agbe ɖe anyi, eye wòdem viviti me abe amesiwo ku xoxoxo ene. 4 Nu te nye gbɔgbɔ ŋu, eye nye dzi lulu ɖe menye. 5 Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo kalã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu. 6 Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela. 7 Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o. 8 Na mese wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na. 9 Yehowa, ɖem tso nye futɔwo si me, elabena gbɔwò mebe ɖo. 10 Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi! 11 Yehowa, gbɔ agbem le wò ŋkɔ la ta; ɖe nye luʋɔ tso xaxa me le wò dzɔdzɔenyenye la ta! 12 Le wò amenuveve la ta gblẽ nye futɔwo, eye natsrɔ̃ amesiwo katã lé fu nye luʋɔ, elabena wò dɔla menye. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana