Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 141 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kukuɖeɖe na Mawu le vɔ̃ɖitɔwo ta.

1 Dawid ƒe ha. Yehowa, mele yɔwòm, afɔ netsɔ ɖe ŋunye; se nye gbe, ne mele yɔwòm.

2 Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.

3 Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!

4 Megana nye dzi natrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, ne mawɔ nu tovo akpe ɖe ŋutsu, siwo nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo la ŋu o, eye megana maɖɔ woƒe nuɖuɖu ŋanɛ akpɔ o!

5 Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.

6 Ne wotutu woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso agakpe dzi ƒu abu me le ekema woase nye nyawo be, wovivina.

7 Alesi woŋlɔa anyigba, eye wokanɛ la, nenema wokaka míaƒe ƒuwo hlẽ na tsiẽƒe ƒe nu me.

8 Elabena wò Yehowa, Aƒetɔ la, wò dzi ko metsɔ ŋku ɖoe, gbɔwò mebe ɖo, megaƒo nye agbe ɖe anyi o!

9 Kpɔ tanye tso adoboli, si woɖo nam, kpakple nu vlo wɔlawo ƒe mɔ̃wo me.

10 Na ame vɔ̃ɖiwo katã nadze woawo ŋutɔ ƒe ɖɔ me, eye nye ya mate eŋu ayi!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan