Psalmowo 140 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukuɖeɖe na Mawu le futɔwo ŋuti. 1 Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nakpɔ tanye tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me! 3 Amesiwo le nu vɔ̃ɖi susum ɖe dzi me, eye wole aʋawɔwɔ dim gbesiagbe; 4 wole woƒe aɖewo nyrem abe da fɔ ene; ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo te. Sela. 5 Yehowa, kpɔ tanye tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nadzram ɖo tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me, amesiwo ɖo ɖe tame be, yewoaɖe afɔ le tenye aƒu anyi. 6 Dadalawo ɖo adoboli kple ka nam, woɖo ɖɔ ɖe mɔ to, eye wotre kpa nam. Sela. 7 Megblɔ na Yehowa be: Nye Mawu nenye, Yehowa; se nye kokoƒogbe. 8 Yehowa, Aƒetɔ la, enye nye xɔname sesẽ, ètsyɔ nu ta nam le aʋakpegbe. 9 Yehowa, megawɔ ame vɔ̃ɖi la ƒe didi dzi o; megaxɔ de eƒe tameɖoɖo dzi, ne wòado eɖokui ɖe dzi o. Sela. 10 Ne woke ta dzi ɖe to ɖem la, ekema woƒe nuyiwo ƒe dzɔgbevɔ̃e nenyẽ tsyɔ wo! 11 Nena dzoka nadza ɖe wo dzi, netsɔ wo ƒu dzo kple ʋe me, be womegafɔ akpɔ o. 12 Ŋutsu aɖe vɔ̃e tɔ megali ɖe anyigba dzi o; ŋutsu ŋutasẽla la dzɔgbevɔ̃e neyɔe ɖe nu kplikplikpli. 13 Menyae be, Yehowa adrɔ̃ nya na hiãtɔwo, eye wòatso na ame dahewo. 14 E, ame dzɔdzɔewo ada akpe na wò ŋkɔ, nuteƒewɔlawo abɔbɔ nɔ ŋkuwò me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana