Psalmowo 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le amegbetɔwo ƒe ɖeɖe tso gbegblẽ me ŋuti. 1 Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o. 2 Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã? 3 Wo keŋ wote ɖe aga, wo kam tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o. 4 Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa? 5 Dzidzi ƒo wo ŋutɔ le afima, elabena Mawu le dzidzime dzɔdzɔe la dome. 6 Minɔ ŋukpe dom hiãtɔ ƒe adãŋudede la ko, ke Yehowa nye sitsoƒe nɛ. 7 Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana