Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 139 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe nusianu nyanya.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim.

2 Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.

3 Edo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò.

4 Elabena nyaa ɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.

5 Etsɔm ɖe to me le megbe kple ŋgɔ, eye nèɖo wò asi dzinye.

6 Nunya sia nye nuku nam akpa, ekɔ, nyemate ŋn anya ta le enu o.

7 Afika madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi, eye afika masi atso wò ŋku me ayi?

8 Ne melia yi dziƒo la, èle afima, eye ne metsɔ tsiẽƒe wɔ mlɔnyeƒee ta, èle gama;

9 ne metsɔ agudzedze ƒe aʋalawo dzoe, eye meɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu la,

10 kpɔ ɖa, wò asi aɖakplɔm tso gama hã, eye wò nuɖusi além.

11 Ne mebe, viviti netsyɔm hã la, ekema zã azu kekeli anɔ ŋunye;

12 viviti ke hã meɖo tsizi le ŋkuwò me o, eye zã me kɔ abe ŋkeke ene; viviti kple kekeli la ɖeka wole.

13 Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme.

14 Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.

15 Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o.

16 Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔa ɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.

17 Ke nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!

18 Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke! Ne menyo la, megale gbɔwò ko.

19 Oo Mawu, ne nahawu ame vɔ̃ɖi la ɖe! Mi ŋutsu hlɔ̃dolawo, mite ɖa le gbɔnye!

20 Wo, amesiwo le nu ƒom le ŋuwò ɖe nu vlo wɔwɔ ŋu, eye wole ŋkɔwò yɔm ɖe aʋatsokaka ŋu, wo, amesiwo nye wò futɔwo.

21 Yehowa, ɖe nyemalé fu amesiwo léa fu wò, eye nyemanyɔ ŋu amesiwo tsona ɖe ŋuwò la oa?

22 Mele fu wo gbidigbidi, futɔwo wozu nam.

23 Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo!

24 Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunye me la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan