Psalmowo 137 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Babel-boyomenɔlawo ƒe konyifafa. 1 Babel-tɔsisiwo nu, gama míebɔbɔ nɔ anyi ɖo hele avi fam, esime míaƒe ŋku ɖo Zion dzi. 2 Amuti, siwo le afima la, ŋu míeku míaƒe kasaŋkuwo ɖo. 3 Elabena afima amesiwo ɖe aboyo mí la, di ha tso mía nu, eye amesiwo ha mí la, di dzidzɔ tso mía si le hegblɔ be: Midzi Zion-ha na mí! 4 Aleke míadzi Yehowa ƒe ha le anyigba tutɔ dzi? Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, ekema nye nuɖusi netu! 6 Nye aɖe nalé ɖe aŋɔme, nenye be, nyemeɖo ŋku dziwò o, nenye be, Yerusalem meƒo nye dzidzɔwo ta o! 7 Yehowa, do ŋku Edom-viwo kple Yerusalem ƒe ŋkeke la dzi, amesiwo gblɔ be: Migbãe, migbãe vaseɖe gɔmegɔmea ke! 8 Babel-nyɔnuvi, wò aƒedo, woayra amesi aɖo nusi nèwɔ mí la, teƒe na wò! 9 Woayra amesi alé wò vidziewo axlã ɖe agakpe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana