Psalmowo 136 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe dɔmenyo mavɔ la. 1 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee. 2 Mida akpe na mawuwoƒe Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 3 Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 4 Eya, amesi ɖeɖeko wɔa nukunuwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee! 5 Eya, amesi wɔ dziƒo de nunya me, elabena eƒe amenuveve li tegbee! 6 Eya, amesi keke anyigba de tsiwo dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 7 Eya, amesi wɔ nu keklẽ gãwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 8 ɣe naɖu ŋkeke dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 9 ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 10 Eya, amesi wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 11 eye wòkplɔ Israel tso wo domee, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 12 kple asi sesẽ kpakple abɔ, si wodo ɖe dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 13 Eya, amesi mã Avaƒu ɖe eve, elabena eƒe amenuveve li legbee; 14 eye wòna Israel to wo domee yi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 15 eye wòʋuʋu Farao kple eƒe aʋakɔ de Avaƒua me, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 16 Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 17 Eya, amesi si fia gãwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 18 eye wowu fia xɔŋkɔwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 19 Amoritɔwo ƒe fia Sixon, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 20 Og, Basan-fia, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 21 eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinui, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 22 domenyinu na eƒe dɔla Israel, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 23 Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; 24 eye wòɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 25 Eya, amesi na nuɖuɖu ŋutilãwo katã, elabena eƒe amenuveve li tegbee. 26 Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana