Psalmowo 132 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le Dawid ƒe aƒe ŋuti. 1 Mɔzɔha. Yehowa, ɖo ŋu Dawid ƒe dagbadagbawo katã; 2 eya, amesi ka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la be: 3 „Nyemage ɖe nye aƒe ƒe agbadɔ me o, eye nyemade dɔnyeƒe ƒe abati dzi o, 4 nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃ o, eye nye aɖabawo nadɔ akɔlɔ̃e o, 5 vaseɖe esime makpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la. 6 Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe. 7 Mina míayi enɔƒe, eye míaɖe ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ. 8 Yehowa, mía kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso yi wò gbɔɖemeƒe la! 9 Wò nunɔlawo neta dzɔdzɔenyenye, eye wò mawumemewo netso aseye. 10 Le wò dɔla Dawid ta megagbe wò amesiamina la ƒe mo o. 11 Yehowa ka nyateƒetam na Dawid, eye matrɔe o be: Wò alimevi matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi. 12 Ne viwòwo le nye nubabla kple ɖaseɖiɖi, si mefia wo la, me de esi le ekema wo viwo hã anɔ fiazikpui dzi na wò tegbee. 13 Elabena Yehowa fia Zion, eye wòdi be, wòanye nɔƒe na ye. 14 Nye gbɔɖemeƒe enye esia tegbee, afii manɔ, elabena eye medi. 15 Mayra woƒe nuɖuɖu, eye matsɔ abolo aɖi ƒo na woƒe ame dahewo. 16 Mata xɔname na woƒe nunɔlawo, eye woƒe mawumemewo atso aseye sesĩe. 17 Gama mana dzo nato ɖo na Dawid, eye matsɔ akaɖi bibi aɖo anyi na nye amesiamina la. 18 Mata ŋukpe na eƒe futɔwo, ke eƒe fiakuku aklẽ le ta nɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana