Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 131 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ɖokuibɔbɔɖeanyi le Mawu ƒe ŋku me.

1 Dawid ƒe mɔzɔha. Yehowa, nye dzi mele dadam o, ŋku tusã mele tanye o, eye nyemezɔna le nu gã, siwo nye nuku nam la me o.

2 Nyateƒe, mefa akɔ na nye luʋɔ eye mene wòɖo ho to, abe alesi ɖevi, si woɖe le no nu, nɔa dada gbɔe ene; nye luʋɔ le menye abe ɖevi, si woɖe le no nu ene.

3 Israel, kpɔ mɔ na Yehowa tso fifia vaseɖe mavɔ me!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan