Psalmowo 130 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le hiã gãa ɖe me. 1 Mɔzɔha. Yehowa, globoƒe mete yɔwòm tso! 2 Aƒetɔ, ɖo to nye gbe, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu. 3 Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? 4 Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò. 5 Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye luʋɔ le mɔ kpɔm, eƒe nya sinu dzɔm mele. 6 Nye luʋɔ le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la wu zãdzɔla na ŋdi, wu zãdzɔla gɔ̃ na ŋdi. 7 Israel, kpɔ mɔ na Yehowa, elabena amenuveve geɖe le Yehowa si, eye ɖeɖe bɔ ɖe esi! 8 Eye wòaɖe Israel atso eƒe vodadawo katã me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana