Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 129 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋu nakpe Israel xaxalawo.

1 Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,

2 zi geɖe woxaxam ɖo tso nye ɖekakpui me, ke womede nunye o.

3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye mẽdome, eye wodze boliƒo lebe.

4 Ke Yehowa nya dzɔdzɔetɔ, elã ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo.

5 Ŋu akpe amesiwo le fu Zion, eye woagbugbɔ ɖe megbe.

6 Woana abe xɔtagbe, si yrɔna hafi woava yi eho ge ene,

7 si meyɔa nuŋela ƒe asiƒome alo nublala ƒe abɔdome o!

8 Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan