Psalmowo 128 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawuvɔ̃lawo yayra le aƒe me gbenɔnɔ me. 1 Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la. 2 Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo. 3 Srɔ̃wò le abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo le abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. 4 Kpɔ ɖa, alea woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa enye si. 5 Yehowa ayra wò tso Zion, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzɔghenyuie le wò agbe me ŋkekewo katã me. 6 Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana