Psalmowo 127 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nusianu ku ɖe Mawu ƒe yayra ŋuti. 1 Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ. 2 Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee. 3 Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu. 4 Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo. 5 Woayra ŋutsu, si wole daku me na taŋ. Ŋu makpe wo o, ne woa kple futɔwo kpe nya le agboa nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana