Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 126 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le aboyomenɔlawo ɖeɖe ŋuti.

1 Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.

2 Tete nukoko yɔ míaƒe nume fũ, míaƒe aɖe tso aseye, eye wogblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa wɔ nu gã na woamawo.

3 Nu gãe Yehowa wɔ na mí vavã, eyata dzi dzɔ mí ɖo!

4 Yehowa, gaɖo mí le abe dziehetɔʋuwo ene.

5 Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.

6 Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzadzɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan