Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 124 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu li kpli mi le hiãwo me.

1 Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,

2 esime amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o la,

3 anye ne womi mi agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu;

4 anye ne tɔ ɖe mí, eye tɔsisi si to míaƒe luʋɔ dzi;

5 anye ne tɔ dzeagbowo si to míaƒe luʋɔ dzi.

6 Woakafu Yehowa, be metsɔ mí wɔ adelã na woƒe aɖuwo o.

7 Míaƒe luʋɔ le abe xevi, si le mɔtrela ƒe mɔ̃ka me la ene; mɔ̃ka la lã, eye míawo míesi.

8 Míaƒe xɔname le Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan