Psalmowo 123 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kpekpeɖeŋu biabia le futɔwo ƒe vlododo kple fewuɖuɖu la. 1 Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne 2 Kpɔ ɖa, alesi dɔlaŋutsuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒetɔ ƒe asi ŋu, eye dɔlanyɔnuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asi ŋui la, nenema míefɔ ŋku ɖe Yehowa, mía Mawu la dzi, vaseɖe esime wòave mía nu. 3 Ve mía nu, Yehowa, ve mía nu, elabena vlododo ɖi ƒo na mí ŋutɔ. 4 Amesiwo li bɔkɔɔ ƒe alɔmeɖeɖe kple dadalawo ƒe vlododo ɖi ƒo na míaƒe luʋɔ ŋutɔŋutɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana