Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 122 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yerusalem ƒe ŋutikɔkɔe.

1 Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.

2 Míaƒe afɔwo le tsitre ɖe wò agbowo me, Yerusalem!

3 Wò Yerusalem, si wogbugbɔ tso, eye nèlé abe du, si wotsiã ɖe wo nɔewo nu ene.

4 Gama ƒomeawo, Yehowa ƒe ƒomeawo yina, ne woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, nusi nye se na Israel.

5 Elabena gama woɖo zikpui anyi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, Dawid ƒe aƒe la ƒe zikpui.

6 Mibia ŋutifafa na Yerusalem! Amesiwo lɔ̃a wò la, woanɔ anyi bɔkɔɔ.

7 Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me, eye gbɔdzɔe nenɔ wò fiasãwo me! Le nɔvinyewo kple xɔ̃nyewo fa madi ŋutifafa na wò.

9 Le Yehowa, mía Mawu ƒe aƒe la ta madi wò nyui.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan