Psalmowo 121 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu enye ametakpɔla vavã. 1 Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama? 2 Nye xɔname atso Yehowa, dzikple anyigbawɔla gbɔ. 3 Mana ke naɖe le wò afɔ te o; ŋuwòdzɔla medɔa akɔlɔ̃e o. 4 Kpɔ ɖa, Israel-ŋudzɔla medɔa akɔlɔ̃e, eye medɔa alɔ̃ hã o. 5 Yehowa enye ŋuwòdzɔla, Yehowa enye wò vɔvɔli le wò nuɖusi me. 6 Ɣe maɖu wò le ŋkeke me o, eye ɣleti hã le zã me o. 7 Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu. 8 Yehowa adzɔ wò dodo kple wò gbɔgbɔ ŋu tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana