Psalmowo 120 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le alakpatɔwo ta. 1 Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom. 2 Yehowa, de nye luʋɔ tso aʋatsonuyi kple alakpaɖe si me! 3 Nuka alakpaɖe ana wò, eye nuka wòatsɔ akpee na wò? 4 Ele abe aʋawɔlawo ƒe aŋutrɔ, siwo wonyrẽ; eye abe yɔkuti ƒe dzokawo. 5 Baba nam be, medze Mesex gbɔ, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo gbɔ! 6 Nye luʋɔ le ŋutifafa ƒe ketɔwo gbɔ eteƒe didi ŋutɔ. 7 Nye la ŋutifafa ɖeɖe menye, ke ne meƒo nu ko la, woawo dzea aʋa gɔme. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana