Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifafa le mawuvɔ̃lawo ƒe vɔvɔ kple mawumavɔ̃lawo ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ŋuti.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woaƒo ɖe gbe gã me.

2 Yehowa, xɔ na ame, elabena mawumemewo nu tso, eye anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome!

3 Amesiame vivia nume henɔa aʋatso kam na nɔvia, eye wogblɔa aɖevee.

4 Yehowa netsrɔ nume ŋanɛ tɔwo kple aɖe, siwo gblɔa nya gãwo,

5 amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?

6 Yehowa be: Metso azɔ le ŋutasesẽ le hiãtɔwo ŋu kple ame dahewo ƒe hũɖeɖe ta, eye mahe xɔname vɛ na amesi le eyome dim la.

7 Yehowa ƒe nyawo dza abe klosalo, si wolólona le kpo me wotstana ɖe anyigba, eye woklɔe zi gbɔ zi adre la ene.

8 Oo, Yehowa, dzra mí ɖo, eye nakpɔ mía ta le dzidzime sia ŋuti tegbee!

9 Ne yakanuwɔwɔ le ga dom ɖe dzi le amegbetɔwo dome la, eyae ame vɔ̃ɖiwo doa dzodzo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan