Psalmowo 119 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Sika ŋɔŋlɔdzesi. 1 Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me. 2 Woayra amesiwo wɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me; 3 womewɔa nu vɔ̃ɖia ɖeke hã o, eye wozɔa eƒe mɔwo dzi. 4 Edo wò sededewo di, ne woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Oo, ɖe ŋusẽ anɔ nye azɔlime ŋu, be malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu! 6 Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã. 7 Matsɔ dzi, si toa mɔ ɖeka la, ada akpe na wò, ne mesrɔ̃ wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo, 8 Malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu, megagblẽm di keŋkeŋ o! 9 Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu. 10 Medi wò tso dzi blibo me, megana matra tso wò seawo gbɔ o! 11 Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o. 12 Yehowa, woakafu wò, fia wò ɖoɖowom! 13 Matsɔ nye nuyiwo axlẽ wò nu me ɖoɖowo katã afia. 14 Mekpe dzidzɔ ɖe wò ɖaseɖiɖi ƒe mɔwo ŋu abe ɖe kesinɔnu vovovowo ŋu ene. 15 Maɖe ŋugble le wò sededewo ŋu, eye maɖe ŋku ɖe wò mɔwo. 16 Nye dzeme akɔ ɖewò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o. 17 Wɔ nyuie na wò dɔla, ne mana agbe ale ŋku ɖe wò nya la ŋu. 18 Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpa nukunuwo le wò se la me! 19 Amedzroe menye le anyigba dzi; megaɣla wò se la ɖem o! 20 Wò ɖoɖowo yome didi ɣesiaɣi na nye luʋɔ gbã gudugudu. 21 Eblu ɖe dadala, siwo woƒo fi de la ta, amesiwo tra tso wò se la gbɔ. 22 Mli ŋukpe kple vlodoame da le ŋunye, elabena meléa ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu! 23 Ne amegãwo kpe ta, eye wole nu ƒom le ŋunye hã, wò dɔla dea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. 24 Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye dzidzɔ kple adaŋudelawo nam. 25 Nye luʋɔ le ɖe anyigba ŋu, gbɔ agbem le wò nya la nu. 26 Mexlẽ nya fia le nye zɔzɔme ŋu, eye nèɖo tom. Fia wò ɖoɖowom. 27 Na mase wò sededewo ƒe mɔwo gɔme, eye mayi tame le wò nukunuwo ŋu. 28 Nye luʋɔ fa aɖatsi le nuxaxa ta; fam ɖe tsitrenu le wò nya la nu! 29 Te aʋatsomɔ ɖe aga tso gbɔnye, eye natsɔ wò se la ve nunye! 30 Metia nyateƒemɔ, eye metsɔ wò ɖoɖowo tu enyi ɖe ŋkunye me. 31 Yehowa, meku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, megana ŋu nakpem o. 32 Maƒu du le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èvu nye dzi gbloto. 33 Yehowa, fia wò ɖoɖo ƒe mɔm, eye malé ŋku ɖe eŋu vaseɖe nuwuwu! 34 Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me. 35 Na mato wò se la ƒe mɔ dzi, elabena eƒe nu nyo ŋunye. 36 Bi nye dzi de wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye menye de ŋubiabia ŋu o. 37 Ɖe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu. Gbo agbem le wò mɔ dzi! 38 Wɔ wò ŋugbe, si nèdo na amesiwo vɔ̃a wò la, dzi na wò dɔla. 39 Na nye ŋukpe, si vɔ̃m mele la, nu nayi; elabena wò ɖoɖowo nyo. 40 Kpɔ ɖa, wò sewo le dzroyem; tsɔ wò dzɔdzɔenyenye gbɔ agbem. 41 Yehowa, wò amenuveve kple wò xɔname neva dzinye le wò ŋugbedodo la nu, 42 ne maɖo nye ŋu na amesi le alɔme ɖem le ŋunye la; elabena meɖo ŋu ɖe wò nya ŋu. 43 Megaɖe nyateƒenya la ɖa le nunye keŋkeŋ o, elabena mele wò ɖoɖowo sinu dzɔm. 44 Malé ŋku ɖe wò se la ŋu ɣesiaɣi ɖaa tegbee, 45 eye mazɔ le teƒe keke, elabena medi wò se la yome. 46 Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o. 47 Nye dzeme akɔ ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu. 48 Mawu nye alɔ dzi ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu, eye made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu. 49 Wɔ wò nya dzi na wò dɔla, le esi nèna mele mɔ kpɔm ta. 50 Esia nye akɔfafa nam le nye hiã me be, wò nye la gbɔ agbem. 51 Dadalawo le fewu ɖum le ŋunye vevie ŋutɔ, ke nyemete ɖe aga le wò se la ŋu o. 52 Yehowa, meɖo ŋu wò se le tso mavɔ me ke, eye mete akɔ ne ɖokuinye. 53 Dzi kum heliheli ɖe ame vɔ̃ɖi, siwo gblẽ wò see ɖi la ŋuti. 54 Wò ɖoɖoanyiwo nye hadzidzi nam le aƒe, si me menye amedzro le. 55 Yehowa, meɖoa ŋu wò ŋkɔ le zã me, eye meléa ŋku ɖe wò se la ŋu. 56 Esia su asinye, elabena medzra wò sededewo ɖo. 57 Yehowa enye nye gome, megblɔ be, malé ŋku ɖe wò nyawo ŋu. 58 Meƒo koko na wò tso dzi blibo me, ve nenye le wò ŋugbedodo la nu. 59 Mebu tame le nye zɔzɔme ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu. 60 Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o. 61 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖem, ke nye ŋku medzo le wò se la dzi o. 62 Mefɔ le zãtiƒe, be mada akpe na wò le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta? 63 Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu. 64 Yehowa, wò amenuveve yɔ anyigba dzi fũ; fia wò ɖoɖowom. 65 Yehowa, èwɔ nyuie na wò dɔla le wò nya la nu. 66 Fia gɔmesese nyui kple nunyam; elabena mexɔ wò nya dzi se. 67 Hafi woava bɔbɔm ɖe anyi la, metra mɔ, ke azɔ le melé ŋku ɖe wò nya ŋu. 68 Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom. 69 Dadalawo da alakpa ɖe asinye; ke nyea melé wò seawo me ɖe asi tso dzi blibo me. 70 Woƒe dzi ku ami ahe ami ene, ke nyea mekpɔ dzidzɔ le wò seawo ŋu. 71 Enyo nam ŋutɔ be, wobɔbɔm ɖe anyi, ne masrɔ̃ wò ɖoɖowo. 72 Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo. 73 Wò asiwo wɔm, eye woɖɔm ɖo; fia nunyam, ne masrɔ̃ wò seawo! 74 Amesiwo vɔ̃a wò la, woakpɔm ahakpɔ dzidzɔ, elabena mele wò nya la sinu kpɔm. 75 Yehowa, menyae be, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe, eye nèbɔbɔm ɖe anyi le nyateƒe la me. 76 Wò amenuveve nenye akɔfafa nam le wò ŋugbedodo na wò dɔla la nu. 77 Wò nublanuikpɔkpɔ neva dzinye, ne mana agbe, elabena wò se la enye nye dzidzɔ. 78 Ŋu nekpe dadalawo, elabena wotem ɖe anyi yakatsyɔ; ke nyea wò seawo ŋu medea ŋugble lena. 79 Amesiwo vaa wò kple amesiwo nya wò ɖaseɖiɖiwo, netrɔ ɖe ŋunye. 80 Fɔɖiɖi meganɔ nye dzi ŋu le wò ɖoɖowo me, ne ŋu nakpem o. 81 Nu le nye luʋɔ ŋu le wò xɔnɔme didi me wò nye sinu kpɔm mele. 82 Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ŋugbedodo didi me be: Ɣe kaɣi nafa akɔ nam? 83 Elabena ne mele abe lãgbɔlẽgolo, si le dzokɔ ene hã, nyemɔŋlɔ wò ɖoɖowo be o. 84 Wò dɔla ƒe ŋkekewo la, nenie wole? Gbekagbe nadrɔ̃ ʋɔnu yonyemetilawo? 85 Dadalawo ɖe ne num, wo amesiwo mewɔa nu ɖe wò se la nu o. 86 Wò seawo katã nye nyateƒe; wole yonyeme tim yakatsyɔ, xɔ nam! 87 Ekpɔtɔ vie wotsrɔ̃m ɖa le anyigba dzi kloe, ke nyemegblẽ wò seawo ɖi o. 88 Gbɔ agbem le wò amenuveve la nu, eye malé ŋku ɖe wò nu me ɖaseɖiɖiwo ŋu. 89 Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒo tegbee. 90 Wò nuteƒewɔwɔ li tso dzidzime yina dzidzime, èɖo anyigba anyi, eye wòtɔ ɖe tsitrenu. 91 Woli vaseɖe egbe, elabena wo katã wole suhɔwòm. 92 Ɖe menye wò see nye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ ɖe nye hiã me. 93 Nyemaŋlɔ wò sewo be tegbee o, elabena woawo nétsɔ gbɔ agbem. 94 Tɔwò menye, xɔ nam, elabena mebiaa wò seawo ta sena. 95 Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖe ŋunye, be yewoatsrɔ̃m, ke nye la meléa ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu. 96 Mekpɔ nuwo katã ƒe nuwuwu, ke seƒeɖo meli na wò se la o. 97 Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wonye ɖaa. 98 Wò se la wɔm nunyalae wu nye futɔwo, elabena tɔnyee wonye tegbee. 99 Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede. 100 Mese nu gɔme wu ame tsitsiwo, elabena melé wò seawo me ɖe asi. 101 Mete nye afɔ ɖe megbe tso toƒe vɔ̃ɖiwo katã gbɔ, ne malé ŋku de wò nya ŋu. 102 Nyemete ɖa le wò ɖoɖowo ŋu o, elabena wòe fia num. 103 Wo nyawo vivi na nye veme wu anyitsi le nye nu me. 104 Wò sewo na medze nunya, eyata melé fu aʋatsomɔwo katã. 105 Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe. 106 Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu. 107 Wobɔbɔm ɖe anyi ŋutɔ, Yehowa, gbɔ agbem le wò nya la nu. 108 Yehowa, na nye nu ƒe vɔsa faawo nadze ŋuwò, eye fia wò ɖoɖowom. 109 Melé nye agbe ɖe asiƒome ɖaa, ke nyemeŋlɔ wò se la be o. 110 Ame vɔ̃ɖiwo tre mɔ nam, ke nyemetra ɖa tso wò seawo gbɔ o. 111 Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye domenyinu tegbee, elabena woawoe nye nye dzi ƒe dzidzɔ. 112 Nye dzi lɔ̃ be, yeawɔ wò ɖoɖowo dzi tegbee vaseɖe nuwuwu. 113 Melé fu adzɔveeɖulawo, ke melɔ̃a wò se la. 114 Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele. 115 Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi. 116 Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu, ne manɔ agbe, megana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o. 117 Do ŋusẽm, ne woaxɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ le wò ɖoɖowo ŋu tegbee. 118 Egbe amesiwo katã tra tso wò ɖoɖowo gbɔ, elabena woƒe alakpadada mele ɖeke me o. 119 Eɖe anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe aŋuka ene, eyata melɔ̃a wò ɖaseɖiɖiwo. 120 Nye lãme lulu le wò ŋɔdzi ta, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃ tso dzika ƒo nam. 121 Mewɔa nusi le eteƒe kple nusi edzɔ; megagblẽm ɖe amesiwo tem ɖe anyi la si me o. 122 Xɔ nya ɖe wò dɔla nu hena eƒe nyui, ne dadalawo nagatem ɖe anyi o. 123 Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò xɔname kple wò ŋugbedodo dzɔdzɔe la ŋuti. 124 Wɔ na wò dɔla le wò amenuveve la nu, eye nafia wò ɖoɖowom. 125 Wò dɔla menye, fia nunyam, ne madze si wò ɖaseɖiɖiwo! 126 Yehowa ƒe nuwɔɣi do edzi, elabena wotu wò se la. 127 Eyatae melɔ̃a wò seawo wu sika kple sika nyuitɔ ɖo. 128 Eyata mebua wò seawo katã be, wole eteƒe; melé fu aʋatsomɔwo katã. 129 Wò ɖaseɖiɖiwo nye nukunu, eyata nye luʋɔ léa wo me de asi. 130 Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o. 131 Meke nu de te, eye nye veme ƒu, elabena wò seawo le dzroyem. 132 Trɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, abe alesi wòdze amesiwo lɔ̃a wò ŋkɔe la ene. 133 Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖia ɖeke naɖu fia de dzinye o! 134 Ɖem tso amegbetɔwo ƒe tetedeanyi me, ekema malé ŋku de wò seawo ŋu. 135 Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye nafia wò ɖoɖowom. 136 Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta. 137 Yehowa, dzɔdzɔetɔ nenye, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe. 138 Ede wò sewo le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ me ŋutɔ. 139 Ŋuʋaʋa le wu ye ge, elabena nye ketɔwo ŋlɔ wò nya la be? 140 Wò nya me kɔ ŋutɔ, eye wò dɔla melɔ̃a nu le egbɔ o. 141 Nyemele ɖeke me o, eye wodo vlom, ke nyemeŋlɔ wò sewo be o. 142 Wò dzɔdzɔenyenye le dzɔdzɔe tegbee, eye wò se la nye nyateƒe. 143 Hiã kple xaxa dzɔ de dzinye, ke wò seawo nye nye dzidzɔ. 144 Wò ɖaseɖiɖiwo le dzɔdzɔe tegbee; fia nunyam, ne manɔ agbe. 145 Meyɔ wò tso dzi blibo me, Yehowa, ɖo tom; malé wò ɖoɖowo me ɖe asi. 146 Meyɔ wò, xɔ nam, ne malé ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu. 147 Meɖo ɣli, hafi ŋu nava ɖe le eme; wò nya la sinu dzɔm mele. 148 Nye ŋkuwo le te hafi zãdzɔɣiwo ɖo, bene made ŋugble le wò nyawo ŋu. 149 Ɖo to nye gbe le wò amenuveve la nu; Yehowa, gbɔ agbem le wò ɖoɖoawo nu. 150 Amesiwo le ŋukpenanuwɔwɔ yome tim la, gogo, wole adzɔge tso wò se la gbɔ. 151 Yehowa, ètsɔ kpuiƒe, eye wò seawo katã nye nyateƒe. 152 Xoxoxo ke menya le wò ɖaseɖiɖiwo ŋu be, èɖo wo anyi tegbee. 153 Kpɔ nye hiã ɖa, eye naɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o. 154 Wɔ nye dzre, eye naɖem; gbɔ agbem le wò ŋugbedodo la nu. 155 Xɔname le aga tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, elabena womebiaa wò ɖoɖowo ta sena o. 156 Wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, Yehowa, gbɔ agbem te wò ɖoɖoawo nu. 157 Yonyemetilawo kple nye ketɔwo de ha; ke nyemete ɖe aga tso wò ɖaseɖiɖiwo gbɔ o. 158 Mekpɔ ame mawɔnuteƒewo, eye wòvem be, womeléa ŋku ɖe wò nyawo ŋu o. 159 Kpɔe ɖa dzro, melɔ̃a wò seawo; Yehowa, gbɔ agbem le wò amenuveve la nu. 160 Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe, eye wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo li tegbee. 161 Amegãwo ti yonyeme yakatsyɔ, eye nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta. 162 Dzi le dzɔyem ɖe wò ŋugbedodo la ŋu, abe amesi kpɔ aboyonu geɖe ene. 163 Mele tu aʋatso, eye menyɔ ŋui; ke melɔ̃a wò se yia. 164 Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta. 165 Ŋutifafa gã le amesiwo lɔ̃a wò sea la si, eye nukiklia ɖeke meli na wo o. 166 Yehowa, mele mɔ kpɔm na wò xɔname, eye mewɔa wò seawo dzi. 167 Nye luʋɔ léa ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye melɔ̃a wo vevie ŋutɔ. 168 Meléa ŋku ɖe wò seawo kple ɖaseɖiɖiawo ŋu, elabena nye mɔwo katã le ŋknwò me. 169 Yehowa, nye ɣli netu wò; fia nunyam le wò nya la nu. 170 Nye kokoƒoƒo nede ŋkuwò me, ɖem le wò ŋugbedodo la nu! 171 Nye nuyiwo adudu kafukafu aƒo ɖi, elabena èfia wò ɖoɖowom. 172 Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò seawo katã le dzɔdzɔe. 173 Na wò asi nakpe ɖe ŋunye, elabena metia wò seawo. 174 Yehowa, wò xɔname le dzroyem, eye wò se la enye nye dzidzɔ. 175 Nye luʋɔ nenɔ agbe, ne wòakafu wò, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nekpe ɖe ŋunye. 176 Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana