Psalmowo 118 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋkekenyuieɖuha. 1 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! 2 Israel negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! 3 Aron ƒe aƒe negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! 4 Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! 5 Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke. 6 Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm? 7 Yehowa li kplim, enye xɔnametɔ nam, eye makpa nye ketɔwo ɖa kple ŋku. 8 Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegbetɔwo ŋu. 9 Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu. 10 Dukɔwo katã ƒo kɔ ɖe ŋunye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi metsrɔ̃ wo ɖa le. 11 Woƒo kɔ ɖe ŋunye, ẽ, woƒo kɔ ɖe ŋunye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo da le. 12 Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, eye wotsi ahe aŋɔkadzo ene, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo ɖa le. 13 Enya tu asim, be madze anyi, ke Yehowa xɔ nam. 14 Nye ŋusẽ kple nye ha enye Yehowa, eye wònye nye xɔname. 15 Aseye kple dzidzɔɣli le didim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔwo me be: Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ! 16 Yehowa ƒe nuɖusi ɖea dzi, Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ! 17 Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia. 18 Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o. 19 Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa. 20 Yehowa ƒe agboe nye esia, ame dzɔdzɔewoe age ɖe eme. 21 Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam. 22 Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe. 23 Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me. 24 Esia nye ŋkeke, si Yehowa wɔ, mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu! 25 Oo Yehowa, xɔ na mí, Yehowa, na wòadze edzi dzro! 26 Woayra amesi gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi! Míeyra mi tso Yehowa ƒe me. 27 Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu! 28 Nye Mawu nenye, mada akpe na wò; nye Mawu, mado wò ɖe dzi. 29 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana